Matthew 24:15-28

Xaxa gã la

(Marko 13:14-23; Luka 21:20-24)

15“Eya ta, ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vanae’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to nyagblɔɖila Daniel dzi la, nu sia xlẽ la nese egɔme, 16ekema nana ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17Ame si le eƒe xɔ tame la nagaɖi ayi naneke tsɔ ge le aƒea me o. 18Eye ame si le agble me la hã nayi aƒeme be yeatsɔ yeƒe awuʋlaya o.

19“Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me.

20“Mido gbe ɖa be, miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli alo sabat ŋkeke dzi o. 21Le ɣemaɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.

22“Le nyateƒe me, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔ ƒomea katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be, le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la woato ŋkeke siawo ɖe eme.

23“Nyenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Mesia la va ɖo eye wòle afii alo afi mɛ alo wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o. 24Elabena aʋatso kristotɔwo kple aʋatso nyagblɔɖilawo ava do eye woawɔ nukunu gãwo si dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 25Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!

26“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be ele gbedzi afi aɖe la, megaɖe fu na ɖokuiwò be yeayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be ebe ɖe teƒe aɖe la, megaxɔe se o! 27Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Mesia la ƒe vava anɔ. 28Minyae bena afi si nukuku le la afi mae akagawo nɔna.

Copyright information for EweBEE